Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 23:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi Aximelex vi Abyatar si va Dawid gbɔ le Kegila la, etsɔ kɔmewu la ɖe asi vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ale Abiata, Ahimelek ƒe vi, yi Keila le David gbɔ. Etsɔ eƒe kɔmewu ɖe asi, ale be yeate ŋu ase nya tso Mawu gbɔ agblɔ na David.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 23:6
12 Referans Kwoze  

Eye Axitub vi, Aximelex ƒe vi ɖeka, si ŋkɔ nye Abyatar la, si dze Dawid yome.


Eye Saul gblɔ na Axiya bena: Tsɔ Mawu ƒe aɖaka la vɛ! Elabena Mawu ƒe aɖaka la le Israel-viwo gbɔ ɣemaɣi.


Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.


Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.


Tete Dawid kple eƒe amewo yi Kegila, wowɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wokplɔ woƒe lãhawo dzoe, eye wowu wo dome ame geɖewo. Ale Dawid ɖe Kegilatɔwo.


Eye wova gblɔ na Saul bena: Dawid va Kegila. Tete Saul gblɔ bena: Mawu tsoe de asi nam, elabena eva tu eɖokui ɖe du, si nu agbo kple gameti le la me.


Esi Dawid dze sii be, Saul ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋu le adza me la, egblɔ na nunɔla Abyatar bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ!


Eye Dawid gblɔ na nunɔla Abyatar, Aximelex vi bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ! Tete Abyatar tsɔ kɔmewu la yi na Dawid.


Eye ha la gblɔ na nunɔla Abyatar bena: Yi wò agble le Anatot, elabena edze ku Ke nyemele wuwo ge egbe sia o, elabena wòe tso Aƒetɔ Yehowa ƒe aɖaka la nɔ fofonye Dawid ŋgɔ, eye nèkpe tu dzẽa fu yia, si fofonye kpe.


Eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩto ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti yi dada alɔ̃ kɔmewu lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite