Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 23:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miele vɔvɔ̃m le Yuda afisia tso, hafi míaho ayi Kegila aɖakpe kple Filistitɔwo ƒe aʋalɔgoawoa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 23:3
7 Referans Kwoze  

Mia kple afɔzɔlawo miaƒu du, eye ɖeɖi te ŋuwò, aleke nahayi duɖime ke ge kple sɔwo? Eli bɔkɔɔ le gbɔɖeme nyigba dzi, aleke nahawɔ le Yordan ƒe aƒlatsuwo me?


Dawid tɔ na henɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be: Misi yi miaƒe towo dzi abe xevi ene?


Saul le to la ƒe go si me, ke Dawid kple eƒe amewo le to la ƒe go keme me; eye Dawid wɔ kaba, be yeasi le Saul nu, ke Saul kple eƒe amewo ɖe to ɖe Dawid kple eƒe amewo, be yewoalé wo.


Eyata miyi ɖadii le bebeƒe, siwo katã wòɣla ɖo la, eye ne mienyae vavã la, ekema migbugbɔ va gbɔnye, ne mayi kpli mi! Nenye be, ele anyigba la dzi la, ekema madii le Yuda ƒe ame akpeawo katã dome.


Eye Dawid kpɔ bena, Saul ho be, yeadi eƒe ku. Ke Dawid le ave me le Sif-gbedzi.


Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.


Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite