Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 23:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 23:2
17 Referans Kwoze  

Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò!


Tete Dawid bia nu Yehowa, eye wòɖo ŋu nɛ be: Megaho yi o, ke boŋ to wo megbe, ne nava tu wo le klẽtiawo kasa!


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!


Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mo kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋuta si me wòle, ne eƒe azɔlime nato ma ɖeka o.


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Esi Aximelex vi Abyatar si va Dawid gbɔ le Kegila la, etsɔ kɔmewu la ɖe asi vɛ.


Tete ŋutsuawo xɔ woƒe mɔ dzi nuɖuɖuawo, gake womebia gbe Yehowa se o.


Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.


Tete Dawid bia nu Mawu be: Maho ɖe Filistitɔwo ŋua, eye atsɔ wo aɖe asi nama? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ho yi, eye matso wo ade asi na wò!


Le Yosua ƒe ku megbe la Israel-viwo bia Yehowa bena: Mia dometɔ kae atre hoho ayi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo?


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Eye wogabia nu Yehowa bena: Ɖe ame la hã va afisia? Yehowa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, eɣla ɖe agbawo totro me.


Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miele vɔvɔ̃m le Yuda afisia tso, hafi míaho ayi Kegila aɖakpe kple Filistitɔwo ƒe aʋalɔgoawoa?


Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Eye Saul bia nu Mawu se bena: Maho dze Filistitɔwo yomea? Atsɔ wo ade asi na Israel mahã? Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ gbemagbe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite