Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Dawid va nunɔla Aximelex gbɔ le Nob; tete Aximelex ɖe abla va kpe Dawid, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti wò ɖeka neva, eye amea ɖeke mekpe de ŋuwò o?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 21:2
13 Referans Kwoze  

Elabena hafi amea ɖewo tso Yakobo gbɔ va la, eya kple trɔ̃subɔlawo dua nu; ke esi wova la, èhe eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa, elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsoa me la.


migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Eɖo ŋu nɛ bena: Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi! Ke alakpae wòda nɛ.


Tete Dawid gblɔ na Abyatar bena: Gbemagbe, esi Edomtɔ Doeg le afima la, menyae bena, eyina egblɔ ge na Saul. Nyee ɖi fɔ le fofowò ƒemetɔwo katã ƒe ku me.


Tete Saul gblɔ na Mixal bena: Nukaŋuti nèflum, eye neɖe asi le nye futɔ ŋu wòsii? Mixal ɖo ŋu na Saul bena: Egblɔ nam be, ɖe asi le ŋunye mayi, ne menye nenem o la, mawu wò!


Eye wògblɔ nɛ bena: Vinye Esau nènyea? Eɖo ŋu bena: E, nyee!


Tete Isak gblɔ na via bena: Aleke wɔ nèkpɔe kaba ale, vinye? Eɖo ŋu nɛ bena: Elabena wò Mawu la na wòva ɖo gom.


Te aʋatsomɔ ɖe aga tso gbɔnye, eye natsɔ wò se la ve nunye!


Dawid do ŋu na nunɔla Aximelex bena: Fia de gbe asi nam, eye wògblɔ nam bena: Megana amea ɖeke nase afime hã le nya, si gbe medɔ wò do, kple gbe, si mede asi na wò la ŋu o! Eye megblẽ ɖekakpuiawo de teƒea ɖe.


Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!


Tete Edomtɔ Doeg, amesi tsi tre ɖe Saul ƒe dɔlawo gbɔ, ɖo ŋu gblɔ bena: Mekpɔ Isai vi la, esime wòva Axitub vi Aximelex gbɔ le Nob.


Anatot, Nob, Ananya,


Egbea ke wòadze aʋa ɖe Nob, eye wòanye eƒe asi ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe to, Yerusalem ƒe togbe la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite