Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 20:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata ve wò dɔla nu, elabena mía kple wò dɔla míeɖo Yehowa ƒe nubabla me. Ne meda vo la, ekema wum, nukaŋuti nakplɔm ayi fofowò gbɔe?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 20:8
16 Referans Kwoze  

Absalom ɖo ŋu na Yoab bena: Kpɔ ɖa, medo ame ɖe wò be: va, ne made gbe asi na wò aɖo ɖe fia la bena: Nukaŋuti metso Gesur va? Ɖe metsi afima la, ne nyo nam wu! Azɔ meɖi be, makpɔ fia la ŋku me; eye ne vodadaa ɖe le ŋunye la, ekema newum!


Eye Yonatan kple Dawid wòbia nu, elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Eye woa kple eve la wobla nu le Yehowa ŋku me; Dawid tsi ave la me, ke Yonatan yi aƒe.


Ale Yonatan bla nu kple Dawid gblɔ bena: Yehowa abia hlɔ̃ Dawid ƒe futɔwo!


Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!


Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


Esime dzi ɖe le ƒonye la, megblɔ be: Amegbetɔwo katã nye alakpadalawo


Dawid do yi wo gbɔ, eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Nenye ŋutifafa me mieva gbɔnye le, be miaxɔ nam la, ekema mawɔ ɖeka kpli mi tso dzi me, ke nenye ɖe miehe, yewoaɖe agɔnyeme ɖe go na nye ketɔwo, evɔ wònye vɔ̃a ɖeke mele asinye me o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu akpɔ me, eye woatso me!


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa eveawo bena: Mitrɔ, eye mia dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe alesi mieve mía kple ame kukuawo nui ene!


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


Tete ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Ne miegblɔ nya sia wose o, eye Yehowa tsɔ anyigba la na mí, gake míeve nuwo o, eye míeɖi anukware na wò o la, ekema míaku ɖe mia teƒe!


Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o;


Azɔ, ne miedi be, miave nye aƒetɔ nu, eye miaɖi anukware nɛ la, ekema migblɔe nam; ke ne mielɔ̃ o la, migblɔe nam, bena nenye ɖusi me alo mia mee hã, ne maɖo tae.


Yonatan gblɔ bena: Esia nede megbe xaa tso gbɔwò, ne menyae be, fofonye do vɔ̃ ɖe ŋuwò, eye nyemeva gblɔe na wò o!


Esi wòƒo nu kple Saul vɔ la, Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite