Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 20:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eɖo ŋu nɛ bena: Esia nede megbe xaa, mèle kuku ge o! Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa nu gã alo nu suea ɖeke, ne meɖee fiãm hafi o; nukaŋuti fofonye aɣla nusia ɖem? Mele alea o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 20:2
14 Referans Kwoze  

elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Ke Yehowa de gbe to me na Samuel ŋkeke ɖeka va yi, hafi Saul nava ɖo, gblɔ bena:


Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu! Ne medi nya le fofonye nu nyitsɔ wɔale siawo, eye kpɔ ɖa, eƒe dome kɔ ɖe Dawid ŋu, eye nyemedɔ wova gblɔe ɖe to me na wò o la,


Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o.


Nede megbe xaa tso mia gbɔ be, miadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome egbe, aɖi vɔsamlekpui hena numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ahakpe ɖe Yehowa, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui, si le eƒe nɔƒe nu la ŋuti.


Wodo ŋu nɛ bena: Ao, aƒetɔ, nukaŋuti nèle nu ƒom ale? Nu sia wɔwɔ nede megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ!


Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.


Ava, eye wòatsrɔ̃ agbledela siawo, eye wòade agble la asi na ame bubuwo. Ke esi wose esia la, wogblɔ bena: Kpao, meganɔ nenema o!


Aƒetɔ Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.


Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbe ƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.


Tete dukɔ la ɖo ŋu gblɔ bena: Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, miagblẽ Yehowa ɖi asubɔ mawu bubuwo!


Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?


Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!


Amesi woa kple fiafitɔ womã nu, eye wòse ɖiŋudodo, gake metoe o la, ele fu eya ŋutɔ ƒe agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite