Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 20:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu! Ne medi nya le fofonye nu nyitsɔ wɔale siawo, eye kpɔ ɖa, eƒe dome kɔ ɖe Dawid ŋu, eye nyemedɔ wova gblɔe ɖe to me na wò o la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 20:12
10 Referans Kwoze  

Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela ɖunɛ.


Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.


Ɖe mele nye mɔwo kpɔm, eye wòxlẽa nye afɔɖeɖewo katã oa?


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


Tete Yonatan gblɔ na Dawid bena: Va miyi gbe me! Eye woa kple eve la woyi gbe me.


ekema Yehowa nafia Yonatan agafiae ɖe dzi! Ne fofonye ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò kplikpaa la, ekema mava gblɔe ɖe to me na wò, eye mado mɔ wò nayi le ŋutifafa me. Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene!


Eye woa kple eve la wobla nu le Yehowa ŋku me; Dawid tsi ave la me, ke Yonatan yi aƒe.


Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite