Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 2:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Menyo o hee, vinyewo! Elabena nya, si Yehowa ƒe dukɔ la le gbɔgblɔm mese la, menye nya nyui wònye o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Nya siwo sem mele tso mia ŋu la, menya sena kura o. Miele Yehowa ƒe amewo kplɔm de nu vɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 2:24
16 Referans Kwoze  

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.


Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.


Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.


to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe;


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Ke miawo miele ɖa le mo dzi, mietsɔ nufiame na ame geɖewo dze anyi, eye miegblẽ Lewi ƒe nubabla la ɖome. Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke Yehu melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne woazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o; eye meɖe, asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la nu o.


le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ hetsɔ ble Israel ɖe nuvɔ̃ me, kple nusiwo wòwɔ hetsɔ do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ta.


Ke Eli ku amegã ɖeɖi, eye wose nusiwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu kple alesi wonɔa nyɔnu, siwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ nu la gbɔ dɔmee.


Eye dɔlawo ƒe vodada sɔ gbɔ le Yehowa ŋku me, elabena woɖi gbɔ Yehowa ƒe vɔsa le ameawo ŋku me.


Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?


Eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele nusia tɔgbe wɔm? Elabena mese miaƒe nu vlo wɔwɔwo le dukɔ blibo sia nu.


Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa ƒe ʋe me hewɔ eƒe nuvɔ̃, si wòtsɔ ble Israel ɖe nuvɔ̃ me la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite