Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele nusia tɔgbe wɔm? Elabena mese miaƒe nu vlo wɔwɔwo le dukɔ blibo sia nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 2:23
9 Referans Kwoze  

Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;


eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima?


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.


Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe.


Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.


Le eƒe agbe me ŋkekewo me la fofoa mehe nya ɖe eŋu kpɔ be: nukaŋuti nèwɔ esi kple esi hã o. Edze ɖeka hã ŋutɔ, eye eya wòdzi ɖe Absalom yome.


Ke Eli ku amegã ɖeɖi, eye wose nusiwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu kple alesi wonɔa nyɔnu, siwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ nu la gbɔ dɔmee.


Menyo o hee, vinyewo! Elabena nya, si Yehowa ƒe dukɔ la le gbɔgblɔm mese la, menye nya nyui wònye o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite