Nunɔlawo megblɔ be. Afika Yehowa le hã o. Amesiwo si me se la le la, menyam o, eye lãkplɔviwo dze aglã ɖe ŋunye, nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me, eye wodze nusiwo mele ɖeke me o la yome.
Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.
Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.
Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o
Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!
Eƒe nunɔlawo toa vo ɖe nye se la ŋu, eye wogblẽa kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la; womedea vovo nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome o, eye womefiaa vovototo, si le nu dzadzɛ kple nu madzamadza dome o, wotsyɔa nu ŋku me ɖe nye dzudzɔgbewo, eye wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome.