Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 19:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yonatan ƒo nu nyuie le Dawid ŋu na fofoa Saul gblɔ nɛ bena: Fia megada vo ɖe eƒe dɔla Dawid ŋu o, elabena meda ƒu ɖe ŋuwò o, ke boŋ nusiwo wòwɔ la, wò nyui ko wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 19:4
15 Referans Kwoze  

Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.


Ruben xɔ dzi na wo bena: Ɖe nyemegblɔ na mi bena, migada vo ɖe ɖevi la ŋu oa? Ke miesee o, azɔ wole eƒe ʋuhlɔ̃ biam mí.


Amesi tsa vɔ̃ ɖo nyui teƒe la, dzɔgbevɔ̃e mate ɖa le eƒe me o.


Yonatan ɖo ŋu na fofoa Saul gblɔ ne bena: Nukata woaku ɖo, eye nuka wòwɔ?


Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wodo tsyɔ̃evim.


Tete Aximelex ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Ameka le wò dɔlawo katã dome, si woa nuteƒe abe Dawid ene, amesi nye fia ƒe to, eye wònye amegã ɖe ŋuwò mewo nu, eye bubu le eŋu le aƒewò me?


Ke ne miewɔ nuvɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋuti ale, eye miede abi woƒe dzitsinya, si gbɔdzɔ ŋuti la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Kristo ŋuti.


Ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ ɖeehavi ŋu, eye wòbia atam tso esi, be wòaka, eye wòva ka atam la le wò vɔsamlekpui ŋgɔ le aƒewò me la,


Ne amegbetɔ da vo ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo tsoa eme; ke ne amegbetɔ da vo ɖe Yehowa ŋu la, ameka aɖe kuku ɖe eta? Ke womese wo fofo ƒe gbe o, elabena Yehowa ɖo be, yeawu wo.


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.


Elabena wode xa de nye luʋɔ ŋu; ame sesẽwo kpe ta ɖe ŋunye, menye le nye dzidada kple nye nuvɔ̃wo ta o. Yehowa!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite