Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 19:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke Dawid si dzo, eye wòva Samuel gbɔ le Rama hegblɔ nusiwo katã Saul wɔe la, na Samuel, eye eya kple Samuel wònɔ Nayot.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 19:18
11 Referans Kwoze  

Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Esime dzi ɖe le ƒonye la, megblɔ be: Amegbetɔwo katã nye alakpadalawo


Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, eƒe du la me. Ke Saul nyã ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi.


Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.


Tete wova gblɔe na Saul be: Kpɔ ɖa, Dawid le Nayot le Rama.


Tete eya ŋutɔ yi Rama, eye esi wòva ɖo ʋe gã, si le Sexu gbɔ la, ebia bena: Afika Samuel kple Dawid wole? Woɖo ŋu be: Kpɔ ɖa, wole Nayot le Rama.


Eye wòyi Nayot le Rama. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ la va eya hã dzi, eye wòde asi nyagbɔgblɔ me ɖi le yiyim, vaseɖe esime wòva Nayot le Rama.


Eye wòfɔ ŋdi kanya ɖado gbe ɖa le Yehowa ŋku me, emegbe wotrɔ yi woƒe xɔ nu le Rama. Eye Elkana do srɔ̃ Xana gbɔ, eye Yehowa ɖo ŋku edzi.


Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?


Eye Dawid dze mo gbemagbe hesi le Saul nu, eye wòva Gat-fia Axis gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite