Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 18:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye nyɔnuawo le ʋu ƒom hedo ha ɖa bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Esi wonɔ ɣea ɖum la wodzi ha be, “Saul wu eƒe akpewo ke David wu eƒe akpe ewowo.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 18:7
8 Referans Kwoze  

Eye Dawid dze mo gbemagbe hesi le Saul nu, eye wòva Gat-fia Axis gbɔ.


Ɖe menye eyae nye Dawid, amesi nu wodzi ha le heɖu ɣe bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane oa?


Eye Miryam ɖo ha la ɖa bena: Midzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede so kple sɔdola ƒu.


Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.


Ke aʋakɔ la ɖo ŋu bena: Megayi o; elabena ne míesi la, womabui na mí o, eye ne miaƒe akpa afã ku hã la, womabui na mi o; elabena ele abe mía dome ame akpe ewo ene. Eyata ne axɔ na mi tso dua me la, anyo wu.


Tete Axis ƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Ɖe menye eya nye Dawid, anyigba dzi fia la oa? Alo menye eya ŋu wodzi ha heɖu ɣe le bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane oa?


Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite