Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 18:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke Israel blibo la kple Yuda lɔ̃a Dawid ƒe nya, elabena edona dzea wo ŋgɔ, eye wògagbɔna kpli wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 ke Israel kple Yuda blibo la lɔ̃e elabena enɔ ŋgɔ na wo le woƒe aʋawɔwɔ me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 18:16
9 Referans Kwoze  

Eye Dawid yia afisiafi, si Saul ɖoe ɖo, eye wòdze adaŋu; Saul tsɔe do aʋawɔlawo katã nu, eye eƒe nu nyo dukɔ blibo la kple Saul ƒe dɔlawo ŋu.


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


eye womekpɔ alesi woawɔ o; elabena dukɔ la katã ku de eŋu hele to ɖomii.


Azɔ Yehowa, nye Mawu, etsɔ wò dɔla ɖo fiae ɖe fofonye Dawid teƒe, ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo gbɔe o!


Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


amesi ado kpli wo, eye wòagagbɔ kpli wo, amesi akplɔ wo adoe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, bena Yehowa ƒe ha la maganɔ abe alé, siwo nu kplɔla mele o la, ene o.


Eye Saul ɖee ɖa le eɖokui ŋu hetsɔ ɖo amegã ɖe ame akpe nu, eye wòdona dzea dukɔ la ŋgɔ gagbɔna kpli wo.


Esi Saul kpɔ be, nuwo dzea dzi nɛ ŋutɔ la, ede asi evɔvɔ̃ me.


Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite