Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 17:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tsɔ notsi babla lalã ewo siawo yi na ame akpe ƒe amegã, eye bia nɔviwòwo be, woli sesĩe mahã? Eye xɔ dzesi tso wo gbɔ vɛ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 17:18
13 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ ne bena: Yi ɖakpɔ bena, nɔviwòwo kple lãhawo li sesĩe mahã? Emegbe la nava gblɔe nam. Ale wòdɔe tso Xebron-bali me, eye wòva Sixem.


Tete Isai kple tedzi ɖeka, eye wòtsɔ abolo kple wein lãgbalẽgolo ɖeka kpa kple gbɔ̃vi ɖeka de via Dawid si ɖo ɖe Saul.


Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm.


Ɖe mèkɔm ɖe anyi abe notsi ene, eye nèna mebla abe notsi kpekẽ ene oa?


anyitsi, notsi kpẽke, alẽwo kple nyinɔkesuwo vɛ na Dawid kple ameha, si le eŋu, be woaɖu; elabena wogblɔ be: Dɔ wu ameha la, ɖeɖi te eŋu, eye tsikɔ wui le gbea dzi.


Israel gblɔ na Yosef bena: Nɔviwòwo le alẽwo kplɔm le Sixem, va madɔ wò ɖe wo gbɔ. Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Woawo kple Saul kpakple Israel-ŋutsuwo katã le aʋa wɔm kple Filistitɔwo le logobali la me.


Tete Mose yi ɖakpe toa, eye wòde ta agu, eye wòɖuɖɔ nu nɛ; emegbe wòbia wo nɔewo ƒe dɔdɔ ta se, eye woyi agbadɔ la me.


Tete woge ɖe me, eye wova Lewi-ɖekakpui la ƒe xɔ nu le Mixa ƒe me, eye wodo gbe nɛ.


Dawid dɔ ɖekakpui ewo gblɔ na wo bena: Miyi Nabal gbɔ le Karmel, ne miaɖado gbe nɛ nam;


Esi Dawid va ame alafa eve, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli, ale be womete ŋu dze Dawid yome o, amesiwo wògblẽ ɖe Besor-tɔʋu nu gbɔ la, wova kpe Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la; tete Dawid le ɖe aʋakɔ la ŋu, eye wòdo gbe na wo.


Eye Mardoxai ɖia tsa gbesiagbe le nyɔnuwo ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu la nu, be yeanya, alesi Ester le kple nusi dzɔ ɖe edzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite