Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 17:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 17:12
18 Referans Kwoze  

Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.


Eye Saul biae bena: Ɖekakpui, ameka vi nènye? Dawid ɖo ŋu bena: Wò dɔla Betlexemtɔ Isai ƒe vi menye.


Obed dzi Isai, eye Isai dzi Dawid.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Isai dzi Dawid, fia la, eye Dawid, fia la, kpakple Uriya srɔ̃ wodzi Salomo;


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Kpɔ ɖa, míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe.


Esi Saul kple Israel blibo la se Filistitɔa ƒe nyawo la, dzi ɖe le wo ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Ŋutsu la ŋkɔ nye Elimelex, eye srɔ̃a ŋkɔ nye Naomi, viaŋutsu eveawo ŋkɔ-wo nye Maxlon kple Xilion. Wonye Efrayimtɔwo tso Betlexem-Yuda, eye woʋu va Moab-nyigba dzi henɔ afima.


Eye aƒelikawo tsɔ ŋkɔ nɛ hegblɔ bena: Wodzi ŋutsuvi na Naomi! eye wona ŋkɔe be Obed; eyae dzi Dawid fofo Isai.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite