Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Filistitowo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, be yewoawɔ aʋa. Wova kpe ta ɖe Soxo le Yuda, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Soxo kple Azeka dome le Efes-Damim.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 17:1
11 Referans Kwoze  

Yarmut, Adulam, Soxo, Azeka,


Eye Filistitɔwo hã va kaka ɖe tagbaduwo me kple Yuda ƒe dziehe, eye woxe Bet-Semes, Ayalon, Gederot, Soxo kple eŋu duwo. Timna kple eŋu duwo kpakple Gimso kple eŋu duwo, eye wono wo me.


eya nɔ Dawid gbɔ le Pas-Xamim, esime Filistitɔwo kpe ta, be woawɔ aʋa le afima. Bli le agblea ɖe me fũ le afima, eye dukɔ la si le Filistitɔwo nu.


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Woawo nye. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo, Kanaanitɔwo katã, Zidontɔwo kple Xiwitɔwo, siwo nɔ Libanon-towo dzi tso Baal-Xermon vaseɖe Xamat.


esime Babel-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda-du, siwo katã kpɔtɔ ɖi, siwo nye Laxis kple Aseka; elabena woawo nye du sesẽwo kpɔtɔ le Yuda-duwo dome.


Bet-Zur, Soxo, Adulam,


Eye Saul wo aʋa kple Filistitowo vevie le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Ne Saul nya kpo ŋutsu kakoa ɖe alo kalẽtɔa ɖe ko la, ekplɔnɛ ɖe eɖokui ŋu.


Eye Saul gbugbɔ le Filistitowo yome, eye Filistitowo yi wo nɔƒe.


Esi Filistitɔwo se bena, Israel-viwo kpe ta ɖe Mizpa la, Filistitɔwo ƒe amegãwo ho ɖe Israel ŋu; ke esi Israel-viwo see la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Filistitɔwo ŋu


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite