Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 16:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi wova, eye wòkpɔ Eliab la, ebu bena: Eƒe amesiamina la enye si do ɖe Yehowa ŋku me vava!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 16:6
10 Referans Kwoze  

Eye Isai ƒe vi xoxoetɔ etɔ̃awo kplɔ Saul ɖo yi aʋa la. Via etɔ̃, siwo yi aʋa la, ŋkɔwo nye: Eliab, si nye ŋgɔgbevi la, evelia nye Abinadab, eye etɔ̃lia nye Sama.


Isai dzi Eliab, amesi nye eƒe ŋgɔgbea, evelia nye Abinadab, etɔ̃lia nye Simea,


Eye Dawid tsa nusiwo wotso vɛ la, de asi na aʋawɔnuwo ŋu dzɔla, eye wòƒu du yi aʋadzedze la nu. Esi wòva la, ebia nɔviawo be, woli sesĩe mahã?


Eye wògblɔ na Zebax kple Zalmuna bena: Ŋutsu ka ƒomeviwoe miewu le Tabor gbɔ? Woɖo ŋu bena: Wole abe wò ene, eye wo dome ɖesiaɖe ɖi fiavi.


Yuda-viwo tɔ enye Elihu tso Dawid nɔviwo dome; Isaxar-viwo tɔ enye Omri, Mixael vi;


Eye Yerobeam gblɔ le eƒe dzi me bena: Azɔ fiaduƒe la gale gbugbɔ ge ayi de Dawid ƒe aƒe la si me.


Eye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dam le fofonye ƒe aƒe blibo la me, be maɖu fia ɖe Israel dzi tegbee, elabena etia Yuda, ne wòanye amegã, eye nye nu nyo eŋu le fofonye Yuda ƒe aƒe me kple fofonye viwo dome, eye wòtsɔm ɖo fia ɖe Israel blibo la nu.


Eye Rexabeam ɖe Maxalat, Dawid vi Yerimot ƒe vinyɔnu, kple Abixayil, Isai vi Eliab ƒe vinyɔnu;


Yehowa, Mawu Zebaot, ɖo to nye gbedodoɖa, Yakob ƒe Mawu, see! Sela.


Ben-Abinadab tɔ enye Xor-nyigba blibo la; eya ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Tatat;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite