Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete wòdɔ ame woɖakplɔe vɛ; ebiã, eƒe ŋkuwo le hɔ̃e, eve wònye ame kpokploe. Eye Yehowa gblɔ be: Tso, nasi ami nɛ, elabena eyae!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 16:12
19 Referans Kwoze  

Woƒe amegãwo da dzo wu sno, eye wotu wu notsi, woƒe mo blã wu soe, eye woƒe nɔnɔme nɔ abe gbloti ene.


Nye lɔlɔ̃tɔ fu, eye wòbiã, eye wòƒo ame akpe nanewo la;


Le ɣemaɣi me la wodzi Mose, eye wòdze ɖeka le Mawu ƒe ŋku me, eye wònyii te fofoa ƒe me ɣleti etɔ̃ sɔŋ:


Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,


Eye Filistitɔ la fɔ kɔ dzi kpɔ Dawid, eye wòdo vloe, elabena ɖevi ko wònye, ebia, eye wòdze ɖeka.


Esi Samuel kpɔ Saul la, Yehowa gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si ŋu nya megblɔ na wò la, enye si; eyae aɖu fia ɖe nye dukɔ nu.


Eye wotsɔ eƒe nuwo katã de Yosef si, eye megatsɔ ɖeke le nyaa ɖeke me o, negbe eƒe nuɖuɖu ko. Eye Yosef nyo, eye wòdze ɖeka ŋutɔ.


Le xɔse me, esime wodzi Mose la, eƒe dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃; elabena wokpɔ be, enye vi dzeɖekɛ, eye womevɔ̃ fia ƒe sedede o.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Eye nyɔnu la fɔ fu dzi ŋutsuvi. Esi wòkpɔ bena, edze ɖeka la, eɣlae ɣleti etɔ̃.


Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!


Azɔ ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Gbe, si Yehowa Zebaot do enye si: Mekplɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel nu!


Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:


Eye nunɔla Zadok kple nyagblɔɖila Natan nasi ami ne le afima ahaɖoe fia ɖe Israel nu; miku kpẽ, eye míado ɣli bena: Fia Salomo nenɔ agbe!


Etia eƒe dɔla Dawid, eye wòkplɔe mo alẽkpɔwo gbɔe;


Eye wògblɔ bena: Woawo nye amivi eveawo, siwo tsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me.


Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite