Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 15:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 15:9
10 Referans Kwoze  

Saul ɖo ŋu bena: Amalekitɔwo gbɔ wokplɔ wo tsoe, elabena dukɔ la kpo alé kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vo na Yehowa, wò Mawu la, ke mietsrɔ̃ kpɔtɔeawo gbidigbidi.


Nukaŋuti meɖo to Yehowa ƒe gbe o; edze aboyonuwo dzi, eye nèwɔ nu vlo le Yehowa ŋku me?


Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!


Mekpɔ Sinear-tɔwo ƒe awu ʋlaya nyuia ɖe kple klosalo sekel alafa eve kpakple sikakpɔti ɖeka, si ƒe kpekpeme le sekel blaatɔ̃ la, le aboyonuawo dome, wòbiã ŋu nam, eye metsɔ wo; kpɔ ɖa, meɖi wo ɖe nye agbadɔ me, eye klosalo la le ete.


Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena:


Ke mikpɔ nyuie le busunuawo ŋu, ne miagatsɔ wo dometɔa ɖeke aɖo busu mia ɖokui ahakplɔ busu aƒu Israel-saɖa la, eye woage ɖe dzɔgbevɔ̃e me o.


Esi meɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye mèwɔ eƒe dɔmedzoe, si wòdo ɖe Amalek ŋu dzi o la, eyata Yehowa le nusia wɔm wò egbea ɖo.


Tete Ben-Hadad gblɔ nɛ bena: Magbugbɔ du, siwo fofonye xɔ le fofowò si la, na wò, eye nado mɔwo ɖe Damasko, abe alesi fofonye do wo ɖe Samaria ene; ke mía kpli wò míabla nu, hafi naɖe asi le ŋunye. Tete wòbia nu kplii heɖe asi le eŋu.


Elabena woate ŋu adzra ami sia ho gãe, eye woatsɔe ana ame dahewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite