Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 15:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Samuel fɔ ŋdi kanya, be yeayi aɖakpe Saul. Eye wogblɔ na Samuel bena: Saul va Karmel, eye wòli ŋkuɖodzinu ɖe afima, emegbe wòtrɔ yi Gilgal.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 15:12
12 Referans Kwoze  

Maon, Karmel, Zif, Yuta,


Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.


Ke ŋutsua ɖe nɔ Maon, amesi ƒe dɔwɔƒe le Karmel; alɔme le ŋutsu la si ŋutɔ, alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka le esi, eye wòva fu ko ge na eƒe alẽwo le Karmel.


Tete Axab yi, be yeaɖu, eye yeano nu. Ke Eliya yi Karmel-to la ta me, eye wonɔ klotinu ɖe anyigba hetsɔ mo de ata me.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


tete mebu be, Filistitɔwo le gbɔnye va ge le Gilgal, evɔ nyemekpɔ ƒo koko na Yehowa haɖe o; eyata mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ.


Tete Samuel dze mo tso Gilgal yi Gibea-Benyamin. Ke Saul xlẽ dukɔ, si tsi eŋu la, wole ame alafa ade.


Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.


Eye Dawid fɔ ŋdi kanya hetsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔla, eye wòdo agba heyi, abe alesi Isai de se ne ene; eye wòva tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, esime aʋakɔ la dze aʋa ɖe asi aseyetsotso me.


Karmelitɔ Xezrai, Arbitɔ Paerai,


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite