Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 14:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye Saul gblɔ na Yehowa bena: Israel ƒe Mawu, ɖe nyateƒe ɖe go! Tete nudzidze la lé Yonatan kple Saul; ke dukɔ la to le eme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Ale Saul do gbe ɖa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la be. “Nu ka ŋuti mètɔ na wò dɔla egbea o? Ne vodada la le menye alo vinye, Yonatan me la, ekema ɖo eŋu na mí to Urim dzi, gake nenye Israelviwo mee agɔdzedze la le la, tɔ na mí to Tumim dzi.” Ale wodzidze nu ɖe Yonatan kple Saul dzi eye wòdze wo dzi ale womebu fɔ ameawo o.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 14:41
9 Referans Kwoze  

Eye wodo gbe ɖa gblɔ bena: Aƒetɔ, wò amesi nya amewo katã ƒe dzime la, fia ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia,


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míadzidze nu, ne míakpɔ amesi ta dzɔgbevɔ̃e sia dza de mía dzi ɖo la! Tete wodzidze nu, eye nudzidze la dze Yona dzi.


Woda dzidzenu ɖe akɔme, ke Yehowa me nye emetsotso katã.


Eye wodzidze nu ɖe wo dzi, eye nudzidze la dze Matia dzi, eye woɖe kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.


Eye wògblɔ na Israel blibo la bena: Miɖo ɖe akpa ɖeka, eye mía kple vinye Yonatan mianɔ akpa evelia! Dukɔ la ɖo ŋu na Saul bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò!


Eye Saul gblɔ be: Midzidze nu ɖe mia kple vinye Yonatan dzi! Tete nudzidze la lé Yonatan.


Nudzidze tsia dzre nu, eye wòtsoa nya me na ŋusẽtɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite