Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 14:3
9 Referans Kwoze  

Eye Axitub vi, Aximelex ƒe vi ɖeka, si ŋkɔ nye Abyatar la, si dze Dawid yome.


Eye wòna ŋkɔ ɖevi la bena Ikabod hegblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kpakple srɔ̃a woku.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.


Eye Saul gblɔ bena: Mina míaho ati Filistitɔwo yome le zã me, ne miaha wo vaseɖe ŋu ƒe keke me, eye miana wo dometɔa ɖeke nakpɔtɔ o! Tete woɖo ŋu bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò! Eye nunɔla gblɔ bena: Mina míate ɖe Mawu ŋu afi!


Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite