Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Hebritɔwo tso Yordan yi Gad-nyigba kple Gilead-nyigba dzi; ke Saul gale Gilgal ke, eye dukɔ blibo la le dzodzom nyanyanya le eyome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 13:7
15 Referans Kwoze  

Eyata ɖe gbe ƒã ɖe amea wo ƒe to me bena: Amesi ke le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, netrɔ, eye wòagbugbɔ tso Gilead-to la gbɔ! Tete ameawo dome ame akpe blave vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ.


Yehowa ana wò futɔwo nasi wò, mɔ ɖeka dzi nato aho aʋa ɖe wo ŋu, ke mɔ adre dzi nato asi le wo nu, ale bena natrɔ zu bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Eye dzikpɔlawo naƒo nu kple aʋakɔ la ayi dzi agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖe le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magade vovɔ̃ lãme na nɔviawo abe eya ŋuta ene o.


Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo;


Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.


Eye wolala ŋkeke adre, si Samuel ɖo; ke Samuel meva Gilgal o. Tete dukɔ la kaka le eŋu.


Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:


Gilead kple Gesuritɔwo kpakple Maaxatitɔwo ƒe anyigba, Xermon-to blibo la kple Basan blibo la vaseɖe Salxa;


Esi Saul kple Israel blibo la se Filistitɔa ƒe nyawo la, dzi ɖe le wo ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite