Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 13:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi Israel-ŋutsuwo kpɔ be, woɖo hiã me, eye dukɔ la ɖo xaxa me la, woɣla ɖe dowo kple ŋuvegoewo, agadowo, mɔwo kple ʋewo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 13:6
18 Referans Kwoze  

Midiantɔwo ƒe asi kpe Israel dzi, eye Israel-viwo wɔ bebeƒewo ɖe towo dzi kple agadowo me kpakple nɔƒe sesẽwo le Midiantɔwo la.


amesiwo xexeame medzena kura o la, wotra mɔ henɔ tsatsam le gbedziwo kple towo kple agadowo kple anyigba ʋewo me.


Elabena mexaxa ɖe nusiawo kpakple eve dome: Ele dzroyem be, madzo ayi aɖana Kristo gbɔ, elabena esia nyo wu sã;


ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o.


Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋutɔ! Na miadze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve sɔ gbɔ, ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o!


Tete Saul ɖe ŋutsu tiatia akpe etɔ le Israel blibo la me heyi, be woaɖi Dawid kple eƒe amewo le agamegbɔ̃gakpe la dzi.


Eye Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Dawid ɣla eɖokui ɖe mía gbɔ le bebeƒe ɖe ave me le Xaxila-togbɛ, si le gbegbe ƒe dziehe la dzi.


Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ woa kple evea. Tete Filistitɔwo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Hebritɔwo do tso do, siwo me woɣla ɖo la me.


Esi Israel-ŋutsuwo trɔ gbɔna la, dzidzi ƒo Benyamin-viwo, elabena wokpɔ bena, dzɔgbevɔ̃e tu yewo.


Eye Amon-viwo tso Yordan, be woawɔ ana kple Yuda kple Benyamin kpakple Efrayim-viwo, eye Israel ɖo xaxa me.


Eye esi Aitɔwo nye kɔ kpɔ megbe la, dzudzɔ de dzi le du la ŋu, ke womenya afika gɔ̃ woasi ayi o, elabena aʋakɔ, si si ɖo ta gbedzi la, trɔ ɖe wo ŋu.


Esi Filistitɔwo se bena, Israel-viwo kpe ta ɖe Mizpa la, Filistitɔwo ƒe amegãwo ho ɖe Israel ŋu; ke esi Israel-viwo see la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Filistitɔwo ŋu


Tete Samuel dze mo tso Gilgal yi Gibea-Benyamin. Ke Saul xlẽ dukɔ, si tsi eŋu la, wole ame alafa ade.


Eye Israel-ŋutsu, siwo katã ɣla wo ɖokui ɖe Efrayim-to dzi la, se be, Filistitɔwo si, eye woawo hã ti wo yome va aʋa la nu.


Vudo, si me Ismael tsɔ ŋutsu, siwo katã wòwu kpe ɖe Gedalya ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo la, fia Asa ye ɖee le Israel-fia Baesa ta; vudo sia mee Ismael, Netanya vi la, tsɔ ame kukuawo ɖee fũ.


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Amesiwo le glikpo dzi la, atsi yi nu, matsɔ amesiwo le gbe me la, ana gbemelãwo woaɖu, eye amesiwo le mɔ̃ sesẽwo kple agatowo me la, aku ɖe dɔvɔ̃ si me.


Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite