Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel. Ame akpe eve le Saul ŋu le Mixmas kple Betel-to dzi, eye ame akpe ɖeka le Yonatan ŋu le Gibea-Benyamin; ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame mamleawo ŋu, amesiame yi eƒe agbadɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 13:2
24 Referans Kwoze  

Eye Saul hã yi aƒe le Gibea, eye kalẽtɔ, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la, yi kplii.


Eye wòsi Filistitɔwo gbemagbe tso Mixmas vaseɖe Ayalon, eye nu te dukɔ la ŋu ŋutɔ.


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlaa ɖewo to Mixmas ƒe to dzi mɔ.


Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana


Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.


Eye Saul wo aʋa kple Filistitowo vevie le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Ne Saul nya kpo ŋutsu kakoa ɖe alo kalẽtɔa ɖe ko la, ekplɔnɛ ɖe eɖokui ŋu.


Agakpe ɖeka dzɔ kã ɖe anyiehekpa dzi ɖo ta Mixmas, eye evelia le dziehekpa dzi ɖo ta Geba.


hegblɔ bena: Fia, si le mia dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo enye si: Axɔ mia viŋutsuwo, eye wòatsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖam kple eƒe sɔɖolawo nu, ne woanɔ du ƒum le eƒe tasiaɖam ŋgɔ.


Ke eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ bena: Miayi aɖadze ame tutɔwo ƒe ɖu, si me Israel-via ɖeke mele o la me o; ke boŋ míayi ŋgɔ vaseɖe Gibea.


Zela, Elef, Yebusi, eya nye Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole ɖu wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.


Emegbe ava Mawu ƒe Gibea, afisi Filistitɔwo ɖo dzɔlawoe. Eye avɔ me be, ne èɖo dua me afima la, akpe nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe, siwo tso to dzi, eye saŋku, axatsɛ, dze kple kasaŋku le ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo le nya gblɔm ɖi.


Saul ɖu fia ƒe ɖeka, eye esi wòle fia ɖum de Israel dzi le ƒe evelia me la,


Ke Samuel gblɔ bena: Nuka nèwɔ? Saul ɖo ŋu bena: Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o, eye Filistitɔwo va kpe ta ɖe Mixmas la,


Tete Samuel dze mo tso Gilgal yi Gibea-Benyamin. Ke Saul xlẽ dukɔ, si tsi eŋu la, wole ame alafa ade.


Eye Saul kple via Yonatan kpakple dukɔ, si tsi eŋu la, ƒu asaɖa anyi ɖe Geba-Benyamin, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas.


Tete Saul dze mɔ yi Sif-gbedzi, eye Israel-ŋutsu tiatia akpe etɔ kpe ɖe eŋu, ne woadi Dawid le Sif-gbedzi.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Tete Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodze mo yi woƒe agbadɔwo me.


Tete Saul ɖe ŋutsu tiatia akpe etɔ le Israel blibo la me heyi, be woaɖi Dawid kple eƒe amewo le agamegbɔ̃gakpe la dzi.


Netofatitɔ Xeleb, Baana vi, kple Itai, Ribai vi, tso Benyamin-viwo ƒe Gibea.


Mixmas ŋutsuwo le ame alafa ɖeka kple blave vɔ eve.


Benyamin-viwo dze yome tso Geba le Mixmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite