Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi Saul se nya siawo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 11:6
14 Referans Kwoze  

Esi wòva ɖo Gibea la, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe va do goe, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi wògblɔ nya ɖi le wo dome.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ yɔ Gideon me fũ; tete woku kpẽ yɔ Abiesritɔwo bena, wòadze eyome.


Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòvuvui, abe alesi wovuvua gbɔ̃vi ene, evɔ wònye metsɔ naneke ɖe asi o hafi. Ke megblɔ nusi wòwɔ la na fofoa kple dadaa o.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ ɖe asi edzi dzedze me le Dan ƒe asaɖa, si le Zora kple Estaol dome la me.


Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel; eho aʋa, eye Yehowa tsɔ Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim de asi nɛ, eye eƒe alɔ kpe Kusan-Risatayim dzi.


Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi, eye wòto Gilead kple Manase heva Mizpe-Gilead; eye woho tso Mizpe-Gilead ɖe Amon-viwo ŋu.


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.


Eye esi wova ɖo Lexi la, Filistitɔwo tso aseye ɖe eŋu; tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye ka, siwo le alɔ ŋu nɛ la, zu abe anazi, si dzo ƒo ene, eye bablawo bebe le asi ŋu nɛ.


Ke Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃e ɖe tso Yehowa gbɔ va noa fu ɖem ne.


Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò, eye ade asi nyagbɔgblɔ me ɖi akpe ɖe wo ŋu, eye atro zu ame bubu sa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite