Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ame dɔdɔwo va Saul ƒe Gibea hegblɔ nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me; tete dukɔ blibo la fa avi kple ɣli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 11:4
15 Referans Kwoze  

Eye Saul hã yi aƒe le Gibea, eye kalẽtɔ, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la, yi kplii.


Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;


Tete Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la, fa avi kple ɣli, vaseɖe esime avi meganya le fafam na wo o.


Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.


Eye esi dukɔ la va Betel la, wotsi Mawu ŋku me le afima vaseɖe fiẽ, eye wofa avi sesĩe


Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.


Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana


Eye Saul bɔbɔ nɔ yevuboɖati te le Migron le Gibea godo, eye eƒe aʋakɔ, si le eŋu la, anɔ ame alafa ade.


Esau xɔ edzi na fofoa bena: Alo yayra sia ɖeka koe le asiwòa, fofonye? Yra nye hã, fofonye! Eye Esau gbã avi doo.


Tete Israel-ŋutsuwo de dzi ƒo na wo ɖokui, eye wova dze aʋa ɖe afisi wodze aʋa ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.


Tete Israel-viwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Yehowa ŋku me le afima, wotsi nu dɔ gbemagbe vaseɖe fiẽ, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ lé Yehowa ŋku me.


Tatɔ Axiezer kple Yoas, amesiwo nye Gibeatitɔ Hasmaa viwo; Yeziel kple Pelet, amesiwo nye Azmawet viwo: Beraxa kple Anatotitɔ Yehu;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite