Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke Amonitɔ Nahas ɖo ŋu na wo bena: Hafi mabia nu kpli mi la, ele be, maŋɔ ɖusi me ŋku na mia dome amesiame, ne mado ŋukpe Israel blibo la!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Nahas ɖo eŋu be, “Ekema mawɔ nu ɖeka; maho mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku abe gbɔ̃ɖiɖi Israel dukɔ blibo la ene!”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 11:2
11 Referans Kwoze  

Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Mekplɔ mí ɖe anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, ne nahayi agblewo kple weingblewo tsɔ ge na mí hã o! Ɖe nèbe, yeaɖe ŋku le to me na ŋutsu siawoa? Míegbɔna afia ɖeke o!


Eye wogblɔ na wo bena: Míate ŋu awɔ nya sia dzi be, miatsɔ mía nɔvinyɔnu na bolobolotɔ o, elabena esia enye ŋukpe na mí.


Egbã ŋku na Zedekiya, eye wòde kɔsɔkɔsoe, be wòakplɔe ayi Babel.


Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃diwo.


Migado to Xizkiya o! Elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye mido va gbɔnye, ekema mia dome amesiame aɖu eƒe weintsetse, amesiame aɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame ano eƒe vudo me tsi,


Eye Filistitowo lee heŋɔ eƒe ŋkuwo, eye wokplɔe yi Gaza: wode akɔbli kɔsɔkɔsɔe, eye ele ne be, wòanɔ wɔ tum le gaxɔ me.


Eyome egblɔ be: Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu. Tete Mose tsɔ nu tsyɔ mo, elabena ele Mawu kpɔkpɔ yɔm.


Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi


Etsɔ wò dukɔ dzra ho kpɔtsɔe, eye medo asi loloe ɖe wo ŋu o.


Eye Yabestɔwo gblɔ bena: Etsɔ la míado ava mia gbɔ, ne miawo nusianu, si dze mia ŋu la, ɖe mía ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite