Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Emegbe Amonitɔ Nahas ho va de to de Yabes-Gilead. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas bena: Bia nu kpli mí, ekema miasubɔ wò!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 11:1
23 Referans Kwoze  

Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi


Eɖe ame ɖeka le fiaƒome la me, eye wòbia nu kplii heka atam nɛ, ke ekplɔ anyigba dzi bubumewo dzoe;


Tete Ben-Hadad gblɔ nɛ bena: Magbugbɔ du, siwo fofonye xɔ le fofowò si la, na wò, eye nado mɔwo ɖe Damasko, abe alesi fofonye do wo ɖe Samaria ene; ke mía kpli wò míabla nu, hafi naɖe asi le ŋunye. Tete wòbia nu kplii heɖe asi le eŋu.


Eye wòbia bena: Ameka le Israel-toawo dome, si meva Yehowa gbɔ le Mizpa o? Eye kpɔ ɖa, Yabes-Gileadtɔa ɖeke meva takpeƒe la le asaɖa me o.


Wogblɔ nɛ bena: Míekpɔ dze sii keŋ bena, Yehowa li kpli wò; eyata míegblɔ be, anyo be, míaka atam na mía nɔewo, eye míabla nu kpli wò,


Nyemazi ɖoɖoe le eƒe ŋutinuwo, eƒe ŋusẽ gbogboawo kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.


Migabia nu kpli wo alo naxɔ woƒe mawuwo o.


Miganɔ to ɖom Xizkiya o; elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye miɖo va gbɔnye, eye mia dome amesiame naɖu eƒe weintsetse, amesiame naɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame nano eƒe vudo me tsi,


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amon-viwo.


Ahasivia ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o; kekeke eƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.


Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Esia megbe la Amon-viwo ƒe fia ku, eye via Xanun ɖu fia ɖe eteƒe.


Tete Dawid gblɔ bena: Mave Naxas vi Xanun nu, abe alesi fofoa ve nunye ene. Eye Dawid do eƒe dɔlawo, be woaɖafa akɔ ne le fofoa ta. Ke esi Dawid ƒe dɔlawo va Amon-viwo ƒe anyigba dzi la,


Eye wòva me, esime Dawid va Maxanayim la, tete Nahas vi Sobi tso Amon-viwo ƒe Raba, kple Amiel vi Maxir tso Lo-Debar kpakple Gileadtɔ Barzilai tso Roglim


Eye Yudatɔ, siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple Edom kpakple anyigba katã dzi la hã se be, Babel-fia susɔ amewo ɖe Yuda, eye wotsɔ Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo wo nu.


hegblɔ nɛ bena: Mènyae be, ɖe Amonitɔwo ƒe fia Baalis dɔ Ismael, Netanya vi la ɖa be, woawu wò oa? Ke Gedalya, Axikam vi la, mexɔ wo dzi se o.


Esi eteƒe didi ʋee la, Amon-viwo va wo aʋa kple Israel.


Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!


Esi Yabes-Gileadtɔwo katã se nusiwo keŋ Filistitɔwo wɔ Saul la,


ŋutsu aʋawɔlawo katã ho, eye wova tsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo yi Yabes; woɖi woƒe ƒuwo de baniti la te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite