Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne eyi azɔlia dzi tso afima va ɖo logotiwo gbɔ le Tabor la, ekema akpe ŋutsu etɔ̃ le afima, siwo yina ɖe Mawu gbɔ le Betel; ɖeka lé gbɔvi etɔ̃ ɖe ta, evelia tsɔ abolo bɔbɔ etɔ̃, eye etɔ̃lia kpla wein lãgbalẽgolo ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 “Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 10:3
22 Referans Kwoze  

eye míaʋu ayi Betel, bena maɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖo tom, esi mele xaxa me, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la!


Eye Mawu gblɔ na Yakob bena: Tso, naʋu ayi Betel, eye nanɔ afima, eye naɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò, esime nesi le nɔviwò Esau nu!


Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.


Eye wòna ŋkɔ teƒe ma bena: Betel; ke tsã la woyɔnɛ be Lus.


Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi.


Eye wògblɔ na Zebax kple Zalmuna bena: Ŋutsu ka ƒomeviwoe miewu le Tabor gbɔ? Woɖo ŋu bena: Wole abe wò ene, eye wo dome ɖesiaɖe ɖi fiavi.


Eye esi wogblɔ na Sisera bena, Barak, Abinoam vi, ho va Tabor-to ŋu la,


Eye wòdɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe se na wò be: Ho, yi Tabor-to la dzi, naɖe ame akpe ewo tso Naftali-viwo kple Zebulon-viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu;


Eye liƒo la va ke ɖe Tabor, Saxazima kple Bet-Semes ŋu heva wu nu ɖe Yordan nu. Wole du wuiade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


Eye liƒo la trɔ tso Sarid ɖo ta ɣedzeƒe gome va to Kislot-Tabor ƒe liƒo ŋu, eye wòto Daberat ŋu va ke ɖe Yafia,


Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu.


Ke wòatsɔ abolo ʋaʋã akpe ɖe eƒe kafukafu-kple akpedavɔsalã la ŋu.


Nenye gbɔ wòbe, yeatsɔ asa vɔ lae la, ekema wòakplɔe ava Yehowa ŋku me,


Nenye alẽ wòbe, yeatsɔ asa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ esi sɔ blibo, eɖanye atsu alo nɔ o, asa vɔ lae.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Woana ɖoaƒe wò, eye ne wotsɔ abolo eve na wò la, naxɔe!


Tete tɔnyeɖia vi Xanameel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye wògblɔ nam bena: Xɔ nye agble, si le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒle, elabena tɔwòe nye domenyinyi la, eye exɔxɔ la, wò nya wònye; xɔe ƒle. Eye medze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.


Tete woho va Betel, eye Israel-viwo bia Mawu bena: Mía dometɔ ka atre aʋahoho ɖe Benyamin-viwo ŋu? Yehowa gblɔ bena: Yuda netre hoho!


Tete Israel-ŋutsuwo de dzi ƒo na wo ɖokui, eye wova dze aʋa ɖe afisi wodze aʋa ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.


Eye Israel-viwo bia Yehowa gblɔ bena: — ɣemaɣi la Mawu ƒe nubablaɖaka la le afima,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite