Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 10:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 10:24
14 Referans Kwoze  

Eye nunɔla Zadok tsɔ lãdzo, si me ami le la, tso agbadɔ la me hesi ami na Salomo, eye woku kpẽ; tete dukɔ blibo la do ɣli bena. Fia Salomo nenɔ agbe!


Elabena egbe la eyi ɖa wu nyitsuwo, nyi damiwo kple alẽwo kpaŋkpaŋ, eye wokpe fia viŋutsuwo katã, aʋakɔ la ƒe tatɔwo kpakple nunɔla Abyatar; kpɔ ɖa, woɖu nu, eye wono nu le egbɔ, eye wodo ɣli bena: Fia Adoniya nenɔ agbe!


Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana


ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu; natsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu; mèkpɔ mɔ aɖo du bubu me tɔ, si menye nɔviwò o la, ɖe ɖokuiwò nu o.


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Eye nunɔla Zadok kple nyagblɔɖila Natan nasi ami ne le afima ahaɖoe fia ɖe Israel nu; miku kpẽ, eye míado ɣli bena: Fia Salomo nenɔ agbe!


Elabena ava me be, ne nye aƒetɔ fia mia fofoawo gbɔ la, ekema woakpɔ mia kple vinye Salomo abe nuvɔ̃wɔlawo ene.


Eye ŋutsuvia de le esi, si ŋkɔ nye Saul, enye ɖekakpui, eye wòdze ɖeka ŋutɔ, amea ɖeke medze ɖeka wui le Israel-viwo dome o, eye wòkɔ, ale be dukɔ blibo la se abɔta nɛ.


Eye Samuel gblɔ na Israel blibo la bena: Kpɔ ɖa, meɖo to miaƒe gbe le nusiwo katã miegblɔ nam la me, eye meɖo fia ɖe mia nu.


Azɔ miaƒe fia, si mietia, eye miebia la, enye si! Kpɔ ɖa. Yehowa ɖo haɖe mia nu.


Esime Dawid xɔlɔ̃ Xusai, Arkitɔ la, va Absalom gbɔ la, Xusai gblɔ na Absalom bena: Fia nenɔ agbe! Fia nena agbe!


Tete wokplɔ fiavi la ɖoe, woɖɔ fiakuku la nɛ, eye wotsɔ se la de asi nɛ: woɖo fiae, eye nunɔla Yoyada kple viawo si ami nɛ, eye wodo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite