Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 10:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Benyamin-to la te va le woƒe ƒomeawo nu, eye nudzidze lé Matri-ƒome la hedze Kis vi Saul dzi: eye wòdu, gake womekpɔe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 10:21
7 Referans Kwoze  

Tso ekema dzi la wòbia fia, eye Mawu tso Saul, Kis ƒe vi, ŋutsua ɖe, si tso Benyamin-ƒomea me la, na wo ƒe blane.


Eye Samuel na Israel-toawo te va, eye nudzidze lé Benyamin-to la.


Eye wogabia nu Yehowa bena: Ɖe ame la hã va afisia? Yehowa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, eɣla ɖe agbawo totro me.


Eye Abner ƒo nu ɖe Benyamin hã ƒe to me: emegbe Abner yi Xebron, be yeagblɔ nusiwo katã dze Israel kple Benyamin ƒe aƒe blibo la ŋu la, na Dawid.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míadzidze nu, ne míakpɔ amesi ta dzɔgbevɔ̃e sia dza de mía dzi ɖo la! Tete wodzidze nu, eye nudzidze la dze Yona dzi.


Eye ŋutsuvia de le esi, si ŋkɔ nye Saul, enye ɖekakpui, eye wòdze ɖeka ŋutɔ, amea ɖeke medze ɖeka wui le Israel-viwo dome o, eye wòkɔ, ale be dukɔ blibo la se abɔta nɛ.


Nudzidze tsia dzre nu, eye wòtsoa nya me na ŋusẽtɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite