Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 1:3
22 Referans Kwoze  

Eye eƒe dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖe ŋutitotoŋkekenyuieɖuƒe.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Wò ŋutsuwo katã nava Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.


Zi etɔ̃ naɖu ŋkekenyuie nam le ƒe ɖeka me.


Eye Elkana kple eƒemetɔwo katã yi, bena wòasa ƒevɔ, eye wòawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖewo dzi na Yehowa.


Eye esi Xana du nu no nu le Silo vɔ la, etsi tre yi Yehowa ŋku me. Eye nunɔla Eli bɔbɔ nɔ atiklã dzi le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu.


Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.


Eye Mixa ƒe aklama kpakpɛ, si wòwɔ la, no wo si le ɣeyiɣi, siwo katã me Mawu ƒe aƒe la nɔ Silo.


eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi.


Woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas tsi aʋa.


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o.


Nusi ava viwòwo kple eve Xofni kple Pinexas dzi la, anye dzesi na wò: Woa kple eve la woaku gbe ɖeka!


Wò ŋutsuwo katã nava wò Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.


Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyuie la ƒe sia ƒe le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem la, ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe dziehe.


Gake dadaa tɔa dziwui ɖagbia ɖe vana nɛ ƒe sia ƒe, ne eya kple srɔ̃a wova ƒevɔ sa ge.


Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite