Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 1:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eyata mekplɔe ve na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le. Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 1:28
12 Referans Kwoze  

Eye ŋutsu la dze klo na Yehowa hetsyɔ mo anyi


Ke esi Abraham ƒe dɔla se nya siawo la, etsyɔ mo anyi na Yehowa.


eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Tete medze klo na Yehowa, eye metsyɔ mo anyi hekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na ye aƒetɔ ƒe vi la.


Ke Xana ya meyi o, elabena egblɔ na srɔ̃ bena: Ne ɖevi la ɖi no la, ekema makplɔe ayii, be wòado ɖe Yehowa ŋku me, eye woatsi afima ɖaa.


Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.


Tete Dawid gblɔ na Axis bena: Enyo, akpɔ nusi wò dɔla le wɔwɔ ge. Axis gblɔ na Dawid bena: Ekema matsɔ wò awɔ ŋunye dzɔlae ɖaa.


Ame kɔkɔe wònye na Yehowa le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu.


Esi Gideon se drɔ̃e la kple egɔme la, edo gbe ɖa; emegbe wògbugbɔ va Israel ƒe asaɖa la me gblɔ bena: Mitso, elabena Yehowa tsɔ Midiantɔwo ƒe asaɖa la de asi na mí!


Emegbe Eli yra Elkana kple srɔ̃a gblɔ bena: Yehowa ana nyɔnu sia nadzi vu na wò natsɔ ɖo amesi nèbia Yehowa la teƒe! Eye wogbugbɔ yi wo nɔƒe.


Oo vinye, oo nye dɔmevi, oo nye adzɔgbeɖeɖe ƒe vi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite