Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wòfɔ ŋdi kanya ɖado gbe ɖa le Yehowa ŋku me, emegbe wotrɔ yi woƒe xɔ nu le Rama. Eye Elkana do srɔ̃ Xana gbɔ, eye Yehowa ɖo ŋku edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 1:19
23 Referans Kwoze  

Ke Yehowa ɖo ŋku ŋugbe, si wòɖo na Sara la dzi, eye Yehowa wɔ na Sara, abe alesi wògblɔ ene.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Tete Mawu ɖo ŋku Raxel dzi, eye Mawu ɖo toe, eye wòʋu eƒe vidzidɔ.


Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.


Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me.


Eye esi wòfɔ fɔŋli la, edo go heyi de gbedzi, eye wòdo gbe da le afima.


Meɖo ɣli, hafi ŋu nava ɖe le eme; wò nya la sinu dzɔm mele.


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!


Eye wolɔ ŋdi kanya; esi agu dze la, Samuel yɔ Saul le xɔta gblɔ bena: Fɔ, ne mado mɔ wò! Eye Saul fɔ, eye woa kple eve, eya kple Samuel, wodo ɖe mɔ dzi.


Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.


Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Gibeon, Rama, Beerot,


Tete Israel-ame tsitsiwo katã va kpe ta ɖe Samuel gbɔ le Rama,


Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Ke Dawid si dzo, eye wòva Samuel gbɔ le Rama hegblɔ nusiwo katã Saul wɔe la, na Samuel, eye eya kple Samuel wònɔ Nayot.


Eye Samuel ku, eye Israel blibo la kpe ta hefa konyi nɛ, eye woɖii ɖe eƒe me le Rama. Eye Dawid dze mɔ yi Paran-gbedzi.


Eye nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi le ɣeyiɣi, si Elisa gblɔ nɛ la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite