Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wòle nu xam vevie, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa hele avi fam hehehe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Hana nɔ nu xam vevie, nɔ avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 1:10
22 Referans Kwoze  

Eyata nye hã nyemaxe mɔ na nye nu o; maƒo nu, esi nye dzi ɖo ŋɔdzi me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe vevesese me.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eyata mana konyifafa naɖo bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Elabena Yehowa ya wò abe nyɔnu, si wogblẽ ɖi wòle nu xam ene, eye abe ɖekakpuime srɔ̃, si wogbe ene, Yehowa ye gblɔe.


Eye esi dukɔ la va Betel la, wotsi Mawu ŋku me le afima vaseɖe fiẽ, eye wofa avi sesĩe


Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam, eye wòkpe atsa nam meno.


Megafa avi ɖe ame kuku ŋu o, eye megafa nɛ o, ke boŋ fa avi ɖe amesi ʋu dzo la ŋu, elabena megale tɔtrɔ ge agbɔ o, eye megale wo denyigba kpɔ ge o.


Nya ka magblɔ, esi nèdo ŋugbe nam, eye nèwɔ edzi? Mazɔ kpookpookpoo le nye ƒewo katã me, le nye luʋɔ ƒe nuxaxa megbe.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Mede mɔ nam be, magbɔ o, ke boŋ ena vevesesewo ɖi ƒo nam.


Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Ke egblɔ na wo bena: Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara nam: elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!


Ke ne miegbe toɖoɖo la, ekema nye luʋɔ afa avi le adza me le dàda la ŋuti, eye nye ŋkuwo afa aɖatsi yoyoyo, le esi wokplɔ Yehowa ƒe lãhawo dzoe ta.


Esi wòɖe nu le nyaa me la, tete fia viŋutsuawo do, eye wofa avi kple ɣli, eye fia la kple eƒe dɔlawo katã hã gba avi doo.


Esi wova ɖo Gorenhatad, si le Yordan godo la, wofa konyi ŋutɔŋutɔ le afima, eye wowɔ yɔƒe na wo fofoa ŋkeke adre.


Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o.


Eye esi Xana du nu no nu le Silo vɔ la, etsi tre yi Yehowa ŋku me. Eye nunɔla Eli bɔbɔ nɔ atiklã dzi le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Dzi nya eya ŋutɔ ƒe nuxaxa, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖee ti o.


Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite