Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 9:6
32 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe ƒo ame wòku la, woawui;


Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu wòe.


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.


Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me.


Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.


elabena Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsoa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wotu la wònye.


Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Eye ha la naɖe amewula tso hlɔ̃tɔ si me, eye ha la nana woakplɔe agbugbɔ ayi sitsoƒedu, si me wòsi yi ɖo la me, eye wòatsi afima, vaseɖe esime nunɔlagã, amesi wosi ami kɔkɔe na, naku hafi.


eye metsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe nɔƒe la nu o la, ekema ame la do hlɔ̃; ekɔ ʋu ɖi, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Hafi ŋutsu la negatsyɔ nu ta o; elabena Mawu ƒe nɔnɔme kple eƒe bubu wònye, ke nyɔnu enye ŋutsu ƒe bubu.


Ruben xɔ dzi na wo bena: Ɖe nyemegblɔ na mi bena, migada vo ɖe ɖevi la ŋu oa? Ke miesee o, azɔ wole eƒe ʋuhlɔ̃ biam mí.


Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


Ale Mawu ɖo Abimelex ƒe nu vlo, si wòwɔ ɖe fofoa ŋu hewu nɔvia blaadreawo la, teƒe nɛ.


Samuel gblɔ bena: Alesi wò yi ɖe viwo le nyɔnuwo ŋu la, nenema ke woaɖe viwo le dawò ŋu le nyɔnuwo dome! Eye Samuel dza Agag le Yehowa ŋku me le Gilgal.


Esi wolée, eye wova ɖo afisi sɔwo tona yia fia ƒe me la, wowui ɖe afima.


Amesi dzi hlɔ̃fe le, ne esi vaseɖe aʋli me ke hã, amea ɖeke megalée o!


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Ne etsɔ lãnu dzae wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la.


Ke ne amea ɖe lé fu nɔvia, eye wòde xa ɖi nɛ heƒo vevieƒe nɛ woku, emegbe wòsi yi du siawo dometɔ ɖeka me la,


Azɔ esi ame vlowo wu ame dzɔdzɔe ɖe eƒe aba dzi le eƒe xɔ me la, ɖe nyemabia eƒe nu tso mia si, eye matsrɔ̃ mi ɖa tso anyigba dzi oa?


Eyata megagbe tohehe ne o, elabena ame nyanu nènye, eye ànya nusi nawɔe, be eƒe ta ɣi nayi tsie kple ʋu.


Esi Atalya. Axazya dada, kpɔ be, via ku la, etso, eye wowu fia ƒome blibo la.


Dukɔ hahoo la katã kpɔ dzidzɔ, eye du la me fa. Ke woatsɔ yi wu Atalya ɖe fia ƒe aƒe me.


Eye eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite