Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 9:5
26 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe ƒo ame woku la, ekema woawu eya hã.


Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!


bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.


Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o; eye megaka ɖe dzi, be woatso kufia na hawòvi o. Nyee nye Yehowa!


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Ruben xɔ dzi na wo bena: Ɖe nyemegblɔ na mi bena, migada vo ɖe ɖevi la ŋu oa? Ke miesee o, azɔ wole eƒe ʋuhlɔ̃ biam mí.


Ale Mawu ɖo Abimelex ƒe nu vlo, si wòwɔ ɖe fofoa ŋu hewu nɔvia blaadreawo la, teƒe nɛ.


Azɔ esi ame vlowo wu ame dzɔdzɔe ɖe eƒe aba dzi le eƒe xɔ me la, ɖe nyemabia eƒe nu tso mia si, eye matsrɔ̃ mi ɖa tso anyigba dzi oa?


Ke fia Yoas meɖo ŋku alesi fofoa Yoyada ve enu la dzi o, eye wowu via. Eye esi wòle kukum la, egblɔ be: Yehowa kpɔe, eye abia eta.


Ne amea ɖe ƒo ame wòku la, woawui;


Amesi ƒo lã wòku la, woaɖo eteƒe; ke amesi ƒo ame woku la, woawu eya hã.


Ne etsɔ lãnu dzae wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la.


Ne etsɔ kpe, si adze ame woaku, ƒui wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la.


Eye ne etsɔ kpo, si adze ame wòaku, ƒoe wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la.


alo wòlé fui heƒoe kple kɔ wòku la, ekema woawu ame la, elabena edo hlɔ̃; ne hiãtɔ do go hlɔ̃dola la, ekema wòawui.


Ke ne amea ɖe lé fu nɔvia, eye wòde xa ɖi nɛ heƒo vevieƒe nɛ woku, emegbe wòsi yi du siawo dometɔ ɖeka me la,


ekema wo de dumegãwo nadɔ ame woaɖakplɔe tso afima vɛ, eye woatsɔe ade asi na hiãtɔ, ne woawu.


Wɔ ɖe wò nunya la nu, be eƒe ta ɣi magayi tsie le ŋutifafa me o.


Esi Atalya. Axazya dada, kpɔ be, via ku la, etso, eye wowu fia ƒome blibo la.


Eye eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eƒe me.


Tete dukɔ hahoo la tsɔ via Yosiya ɖo fia ɖe eteƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite