Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 9:2
16 Referans Kwoze  

Elabena womla lã wɔadãwo kple xeviwo kple nutatawo kpakple ƒumelãwo ƒe dzɔdzɔme, eye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme mia wo,


Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Mana anyigba dzi nata, miadɔ alɔ, eye amea ɖeke maɖo voɖi na mi o; manye lã wɔadãwo ɖa le miaƒe anyigba dzi, eye yi mato miaƒe anyigba dzi ayi o.


Emegbe la wodze mɔ, ke Mawu na vɔvɔ̃ va dze du, siwo ƒo xlã wo la dzi: eyata wometi Yakob viwo yome o.


Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ.


Maɖo lã wɔadãwo ɖe mia dome; eye woaɖe viwo le mia ŋu, eye woatsrɔ̃ miaƒe aƒemelãwo; miaƒe xexlẽme azu sue, eye miaƒe mowo ato gbe.


Eye Mawu wo ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe, siwo katã tana, eye woʋãna le tsia me, hamehame, kple xe, siwo katã dzona. Eye Mawu kpo bena enyo.


Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!


Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenema nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.


Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!


Ɖe naɖo ŋu ɖe eŋu, le esi ŋusẽ kako le esi ta, eye natsɔ wò dɔ agblẽ ɖe esi mea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite