Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe ahaɖo ŋku nubabla, si le Mawu kple ŋutilã, siwo katã me agbegbɔgbɔ le le anyigba dzi dome la dzi tegbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 9:16
14 Referans Kwoze  

Mabla nu mavɔ kpli wo, ale be nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. Made ŋunye vɔvɔ̃ woƒe dzi me, be womagate ɖa le ŋunye o.


Ɖe nye aƒe mele alea le Mawu ŋku me oa? Elabena ebia nu mava kplim, si woɖo pɛpɛpɛ, eye wodzrae ɖo. Elabena ɖe mana nye xɔxɔwo katã kple nye nudidiwo katã natsi ɖe dzi oa?


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, eye wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Eye Mawu gblɔ na Noa bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mia kple ŋutilã, siwo katã le anyigba dzi dome la ƒe dzesi.


Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, nubabla mavɔ wòanye na wo, malé wo ɖe te, madzi wo ɖe dzi, eye mali nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite