Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 8:1
35 Referans Kwoze  

Tete Mawu ɖo ŋku Raxel dzi, eye Mawu ɖo toe, eye wòʋu eƒe vidzidɔ.


Esi Mawu tsrɔ̃ nuto ma me duawo la, eɖo ŋku Abraham dzi, eye wòɖe Lot hekplɔe tso ɖu, siwo me Lot nɔ la ƒe gbegblẽ me.


Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Eye wòfɔ ŋdi kanya ɖado gbe ɖa le Yehowa ŋku me, emegbe wotrɔ yi woƒe xɔ nu le Rama. Eye Elkana do srɔ̃ Xana gbɔ, eye Yehowa ɖo ŋku edzi.


Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me.


Yehowa, ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve, si nèɖe fi wò dukɔ la nu; tsa wò xɔname va kpɔm ɖa,


Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be: Nyematsɔ woƒe nuwɔnawo katã ake wo akpa gbeɖe o!


Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom! Yehowa, gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia Ie ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!


Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke!


Mɔzɔha. Yehowa, ɖo ŋu Dawid ƒe dagbadagbawo katã;


kple ɖoɖowo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi ŋu kpakple ɖe nu gbãtɔwo. Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.


Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!


Nye Mawu, ɖo ŋku, alesi woɖi gbe nunɔlanyenye kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe nubabla lae la dzi na wo!


Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔ̃dɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o!


elabena eƒe nuvɔ̃wo ko yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Anyieheya hea tsidzadza vɛ, nenemae ame ŋu liɖe nana mo vena heliheli.


Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!


Eye Yehowa ƒe dɔla gblɔ ne bena: Nukaŋuti nèƒo wò tedzinɔ la zi etɔ̃ sɔŋ? Evɔ wònye nyee tsi tre ɖe ŋuwò hafi; elabena afɔ, si dzi nèle la, evlo le ŋkunye me.


ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?


Yehowa, wò amenuveve ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ ɖaseɖe alilikpowo ŋu.


Eɖo ƒuƒu, tete ƒu la gbagba ɖe wo dzi, wodze to abe tsumi ene le tsi kpakawo nu.


Ne mieho aʋa le miaƒe anyigba dzi ɖe miaƒe futɔ, siwo le fu ɖem na mi la ŋu, eye mieku kpẽ tsiã ɖe nu la, ekema Yehowa, mia Mawu, aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi atso miaƒe futɔwo si me.


Kpɔ da, ne exa mɔ na tɔwo la, womiena; ne eɖe asi le wo ŋu la, wowuwlua anyigba.


Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli ɖe tɔɖɔɖɔ dzi; Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee.


Elabena eɖo ŋku eƒe nya kɔkɔe, si wògblɔ na eƒe dɔla Abraham la dzi.


eya, amesi gblɔ na to gome be, mie, eye mana wò tɔsisiwo naƒu kplakplakpla;


Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ.


kpakple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã, esiwo le mia gbɔ, kple anyigba dzi lãwo tsyo ƒomevi, siwo do go le aɖakaʋu la me.


Yehowa ɖo ŋku mía dzi; ayra Israel ƒe aƒe la, ayrae; ayra Aron ƒe aƒe la;


Kuɖiɖi neva na woƒe tsiwo, ne woamie! Elabena legbawo ƒe anyigba wònye, eye wotsɔ ŋɔdzinuwo le adegbe ƒomee.


Xaxa ava atsiaƒu dzi, eye aŋe atslaƒu ƒe tsotsoewo nu, ale be Nil-tɔsisi ƒe gogloƒewo katã namie; Asur ƒe dàda ava anyi me, eye fiatikplɔ adzo le Egipte si me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite