Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 7:4
23 Referans Kwoze  

Eye tsia le anyigba la ɖem ŋkeke blane sɔŋ, eye tsia le agbɔ sɔm hekɔ aɖakaʋu la ɖe dzi, ale bena, aɖakaʋu la le tsia ŋgɔ.


Eye tsi dzi ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.


Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, tso amewo kple lãwo dzi vaseɖe nu tatawo kple dziƒoxe dzodzoewo dzi, elabena evem bena, mewɔ wo.


Tsɔ fɔɖiɖi ƒu fɔɖiɖi dzi na wo, eye megana woade wò dzɔdzɔenyenye la gbɔ o.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


ne wòana yia ƒe kpekpemee, eye wòado dzidzeme na tsi.


Amesiwo wotsrɔ̃ ɖa, hafi woƒe ɣeyiɣi la ɖo edzi, eye woƒe agunu lolo zu tɔsisi.


Eye wògalala ŋkeke adre bubu, eye wògaʋu nu le ahɔnea nu, ke megado va egbɔ o.


Eye wòva me le ŋkeke adreagbe bena, tsi dza ɖe anyigba la dzi.


Emegbe wòlala ŋkeke adre, eye wòʋu nu le ahɔnea nu le aɖakaʋu la me.


Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!


Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o.


Nenema ke naɖe dziƒoxe dzodzoewo hã atsu kple asi adreadre, bena woƒe ƒome natsi agbe le anyigba dzi.


Eye anyigbatu me tsiwo nu tso, eye dziƒo nu tu; ale wɔ tsi la ke.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe wò ɖa le anyigba dzi; àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzenya ɖe Yehowa ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite