Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 6:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, tso amewo kple lãwo dzi vaseɖe nu tatawo kple dziƒoxe dzodzoewo dzi, elabena evem bena, mewɔ wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 6:7
21 Referans Kwoze  

Matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo, dziƒoxewo kple ƒumelãwo, matsrɔ̃ nuɖianuwo kple ame vɔ̃ɖiwo ɖa, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa le anyigba dzi, Yehowa ye gblɔe!


Elabena ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃, eye Yehowa ƒe ketɔwo nu ayi abe lãnyiƒe ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ene; wo nu ayi abe dzudzɔ ene.


Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li, eya ame vɔɖiwo hã hena dzɔgbevɔ̃egbe.


Yehowa-vɔvɔ dzia agbe me ŋkekewo ɖo edzi; ke ame vɔɖiwo ƒe ƒewo ato ɖe eme?


Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye woɖu dzi nɛ.


Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.


Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me.


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Abe alesi Yehowa kpɔ dzidzɔ le mia ŋu be, wòawɔ nyui na mi, eye wòana míadzi ɖe dzi ene la, nenema ke Yehowa akpɔ dzidzɔ le mia ŋu be, wòawu mi, eye wòatsrɔ̃ mi; eye wòaɖe mi ɖa le anyigba, si dzi yim miele, be míaxɔe la dzi.


Yehowa aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã me, eye wòana dzɔgbevɔ̃e nava edzi, abe alesi nubabla ƒe fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe sea ƒe agbalẽ me la le ene.


Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.


Tete wòve Yehowa, eye Yehowa gblɔ bena. Mava me o.


Tete wòve Yehowa, eye Aƒetɔ Yehowa gblɔ be: Esia hã mava me o.


Yehowa be: Matsrɔ̃ nusianu ɖa le anyigba dzi petepete.


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite