Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 6:3
17 Referans Kwoze  

Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi, esi me womaɖe le o, eye woaɖo ɣli nam, ke nyemaɖo towo o.


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Eɖoa ŋku edzi be, ŋutilã wonye, ƒuƒu, si yina, eye megatrɔna gbɔna o la, wonye.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afima, eye maɖe gbɔgbɔ, si le dziwò la, ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bena woatso dukɔ la ƒe agba na wò ti, eye wò ɖeka matsɔe o.


Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.


Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Nukaŋuti mele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo?


Elabena mexlɔ̃ nu mia fofowo tso gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi vaseɖe egbe, eye megale nu xlɔ̃m wo vevie ɖaa be: Miɖo to nye gbe!


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.


Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hlã nye wo aɖegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedze.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite