Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 6:12
18 Referans Kwoze  

eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.


Adzi ha na amewo agblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, eye metrɔ gbo nu dzɔdzɔe la, ke womeɖo eteƒe nam o.


Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


Ke Yehowa ve Noa nu.


Eye ŋutilã katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.


Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.


Eye Mawu gblɔ bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mía kple miawo kple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ la dome hena dzidzimeawo katã tegbetegbe la ƒe dzesi.


Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me.


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite