Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 50:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eyata migavɔ̃ o, manyi mia kple mia viwo siaa! Ale wòfa ako na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 50:21
13 Referans Kwoze  

Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Mikpɔ nyuie bena, amea ɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ miti nyuididi na mia nɔewo kple amewo katã yome ɖaasi.


Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me.


Eye Yosef kple fofoa ƒemetɔwo tsi Egipte-nyigba dzi, eye Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.


Tete ŋutsu la kplu ɖekakpui ɖeka kple tedzi eve ɖe asi, eye wòtso dze eyome, be yeaƒo nu kplii fafɛ, ne yeakplɔe agbɔe. Eye nyɔnu la kplɔe yi fofoa ƒe me, eye esi ɖetugbi la fofo kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ.


Migana woazu nuxaxa na mi o, eye megave mi be, mietsɔm ƒle ɖe afisia o; elabena Mawue dɔm ɖe mia ŋgɔ, bena maɖe miaƒe agbe.


Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite