16 Eye wodɔ ame ɖo ɖe Yosef gbɔ gblɔ bena: Hafi fofowò naku la, ede se gblɔ bena:
16 Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku.
Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.
Le wo fofo ƒe ku megbe la Yosef nɔviwo le vɔvɔ̃m gblɔ bena: Ɖewohĩ Yosef alé fu mi, eye wòaɖo vɔ̃, siwo katã miewɔ ɖe eŋu la, teƒe na mí.
Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.