Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 50:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi wova ɖo Gorenhatad, si le Yordan godo la, wofa konyi ŋutɔŋutɔ le afima, eye wowɔ yɔƒe na wo fofoa ŋkeke adre.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 50:10
16 Referans Kwoze  

Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ.


Eye wobɔbɔ nɔ anyi ɖe anyigba ɖe egbɔ ŋkeke adre kple zã adre; ke wo dometɔa ɖeke meƒo nu kplii o, elabena wokpɔ be, veve la nu sẽ ŋutɔ.


Tete Dawid kpa konyifaha sia le Saul kple via Yonatan ŋu,


Eye wotsɔ woƒe ƒuwo ɖi ɖe baniti te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.


Eye Israel-viwo fa na Mose ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ le Moab-tagba. Emegbe wowu avifafa-ŋkekeawo kple funyinyi na Mose nu.


Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,


Ne amea ɖe de asi ame kuku ŋu la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.


Esi Kanaantɔ, siwo nye anyigba dzi nɔlawo, kpɔ yɔƒewɔwɔ la le Gorenhatad la, wogblɔ bena: Afisia Egiptetɔwo wɔ yɔƒe gãa ɖe le. Eyata woyɔa teƒe ma bena Abel-Mizraim, si le Yordan godo.


Ke esi konyifaɣiawo va yi vɔ la, Yosef gblɔ na Farao ŋuti mewo bena: Meɖe kuku, ne miave nunye la, ekema migblɔ na Farao bena:


Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob!


Esi ŋkeke blane, si wosia atike na ame kuku, de vɔ la, Egiptetɔwo fa nɛ ŋkeke blaadre sɔŋ.


Eye tasiaɖamwo kple sɔɖolawo kplɔe yii ale bena, wonye ameha gãa ɖe.


Eye esi ha blibo la kpo bena, Aron megali o la, Israel ƒe aƒe blibo la fa Aron ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ.


Esi Uriya srɔ̃ se bena, srɔ̃a Uriya ku la, efa na srɔ̃a.


togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome;


ŋutsu aʋawɔlawo katã ho, eye wova tsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo yi Yabes; woɖi woƒe ƒuwo de baniti la te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite