Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Esi Adam dzi Set megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 5:4
17 Referans Kwoze  

Esi Lamex dzi Noa megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Esi Metusala dzi Lamex megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa adre kple blanyi vɔ eve, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Esi Yered dzi Henox megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Esi Kenan dzi Mahalalel megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blane, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Esi Enos dzi Kenan megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple wuiatɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Esi Set dzi Enos megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


ne mía viŋutsuwo natsi le woƒe ɖevime abe numiemiewo ene, eye mía vinyɔnuwo nanɔ abe dzogbesɔti, siwo ŋu woŋlɔ le fiasãwo me ene;


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Esi Arpaxsad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Selax.


Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi!


Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!


Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!


Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set.


Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite